John 3

Nikodemo va Yesu gbɔ le adzame

1Azɔ la ame aɖe si tso Farisitɔwo dome, eye eƒe ŋkɔe nye Nikodemo la li; enye Yudatɔwo ƒe takpekpe gã me nɔla. 2Eva Yesu gbɔ le zã me eye wògblɔ bena, “Rabi alo Nufiala, menyae be nufialae nènye tso Mawu gbɔ va. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi wɔnuku siwo nèwɔna o, ne menye Mawue li kplii o.”

3Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Esia le eme, gake le nyateƒe me, mele egblɔm na wò bena, ne womegbugbɔ wò dzi o la, màte ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o.”

4Nikodemo do ɣli gblɔ be, “Ɖe nèbe woagadzim akea? Nya sia gɔme ɖe? Ale ke wɔ ame tsitsi nagatrɔ ayi dadaa ƒe vidzigolo me be woagadzii ake?”

5Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nya si dzi mele gbe tem ɖo lae nye be, ne womegbugbɔ ame aɖe dzi to tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi mawufiaɖuƒe la me o. 6Amegbetɔ ate ŋu adzi ŋutilã ko gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae naa agbe yeye tso dziƒo. 7Le esia ta megawɔ nuku na wò bena megblɔ na wò be ale be woagagbugbɔ wò adzi o. 8Ya ƒona yia teƒe ɖe sia ɖe si wòlɔ̃, àte ŋu ase eŋkɔ gake màte ŋu agblɔ afi si wòtso alo afi si wòyina o nenema kee wònɔna na ame sia ame si wodzi to Gbɔgbɔ la me.”

9Nikodemo gabia Yesu bena, “Nu ka tutu gblɔm nèle? Nyemese wò nyaa gɔme o.”

10Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Wò, Israel ƒe nufiala, mèse nu siawo gɔme oa? 11Le nyateƒe me la, miawo la mieƒoa nu tso nu siwo mienya, eye mieɖia ɖase tso nu siwo miekpɔ la ŋu, ke hã la miexɔa miaƒe ɖaseɖiɖi o. 12Esi megblɔ nu siwo le edzi yim le amewo dome le anyigba dzi le afii la na wò gake mèxɔ wo dzi se o ɖe, ale ke nàwɔ axɔe se ne megblɔ nu siwo le edzi yim le dziƒo la na wò? 13Elabena nye Mesia alo Amegbetɔ Vi la koe tso dziƒo va anyigba dzi eye magatrɔ ayi dziƒo.

14“Abe ale si Mose kɔ akɔblida la ɖe dzi le gbea dzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzii, 15be ame sia ame si xɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ. 16Elabena Mawu lɔ̃a xexeame ale gbegbe bena wòtsɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ la na bena, ame sia ame si axɔ edzi ase la, matsrɔ̃ o, ke boŋ akpɔ agbe mavɔ. 17Mawu meɖo Via ɖa be woava drɔ̃ ʋɔnu xexeame o, ke boŋ be woaɖe xexeame to eya amea dzi.

18“Ame siwo xɔ edzi se la womadrɔ̃ ʋɔnu wo o. Ke ame siwo mexɔ edzi se o la, wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo, elabena womexɔ Mawu ƒe Vi ɖeka hɔ̃ la dzi se o. 19Nu si ta wodrɔ̃ ʋɔnu wo xoxo lae nye be, Kekeli tso dziƒo va xexeame, gake ame siawo lɔ̃ viviti wu kekeli la, elabena woƒe nuwɔnawo vɔ̃ɖi ŋutɔ. 20Wolé fu Kekeli si tso dziƒo va la elabena wodi vevie bena yewoawɔ nu vɔ̃ le viviti me. Wote ɖa xaa tso Kekeli la gbɔ, elabena wovɔ̃ be yewoƒe nu vɔ̃wo adze le gaglãgbe. 21Gake ame siwo le nu nyui wɔm la, vaa Kekeli la gbɔ dzidzɔtɔe bena ame sia ame nakpɔe be yewole Mawu ƒe lɔlɔnu wɔm.”

Yesu kple Yohanes Mawutsidetanamela

22Le esia magbe la, Yesu kple ƒe nusrɔ̃lawo dzo le Yerusalem heyi Yudea afi si wonɔ ŋkeke ʋee aɖewo hede mawutsi ta na amewo.

23Ke Yohanes hã le mawutsi dem ta na amewo le Aenon, si te ɖe Salem ŋuti, elabena tsi sɔ gbɔ ɖe afi ma, eye amewo le vavam enuenu be wòade mawutsi ta na yewo 24Esia do ŋgɔ na Yohanes léle de gaxɔ me. 25Gbe ɖeka la, nyaʋiʋli ɖo Yohanes ƒe nusrɔ̃la aɖewo kple Yudatɔwo dome tso Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔkɔnu la ŋu. 26Esia na be nusrɔ̃lawo va Yohanes gbɔ va gblɔ nɛ be, “Nufiala, ŋutsu si nedo goe le Yɔdan tɔsisia godo, ame si nèbe eyae nye Mesia la hã le mawutsi dem ta na amewo, eye ame geɖe le egbɔ yim, le esime wòle be woava mia gbɔ boŋ hafi.”

27Yohanes ɖo eŋu na wo bena, “Mawu si le dziƒo la de dɔ tɔxɛ asi na ame sia ame. 28Nye dɔe nye be madzra mɔ ɖo ɖi na ŋutsu sia bena ame sia ame nate ŋu ayi egbɔ. Miawo ŋutɔwo miaɖo ŋku edzi be megblɔ na mi va yi kɔtee be, menye nyee nye Mesia la o. Nye ya la, nu si wɔ ge meva la koe nye be mata mɔ na Mesia la. 29Ele eme be amewo ƒoa zi ɖe nu nyui ɖe sia ɖe ŋu. Nenema ke ŋugbetɔ ayi afi si ŋugbetɔsrɔ̃ la le, eye afi mae ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo akpɔ dzidzɔ kplii le. Nyee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃, eya ta dzidzɔ yɔ menye ɖe eƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋuti. 30Ele be eya amea natsi ɖe edzi gbeawotsyogbe. Ke nye la, mayi to.

Ame si ɖi tso dziƒo va

31“Ame sia la, dziƒoe wòtso eye ede ŋgɔ wu amewo katã. Nye la, anyigba dzie metso eye nye nunya kple nugɔmesese mate ŋu akɔ wu anyigbadzitɔwo tɔ o. 32Eɖia ɖase le nu si wokpɔ kple nu si wose la ŋuti, gake ame ʋee aɖewo koe xɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi sena. 33Ame si xɔ edzi se la ɖi ɖase be Mawue nye anukwaretɔ 34Elabena ame si Mawu ɖo ɖa gblɔa Mawu ƒe nyawo, elabena Mawu na Gbɔgbɔ lae le agbɔsɔsɔ me. 35Fofo la lɔ̃a via sia ale gbegbe be etsɔ nu sia nu de eƒe asime. 36Ame sia ame si xɔ Mawu ƒe Vi sia dzi se la akpɔ agbe mavɔ. Ke ame siwo meɖoa toe o, eye womexɔa edzi sena o la, makpɔ agbe mavɔ la o, ke boŋ Mawu ƒe dziku anɔ wo dzi ɖaa.”

Copyright information for EweBEE